Revelation 2:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ŋlɔ agbalẽ na Tiatira hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye Mawu Vi la ƒe nyawo, ame si ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzĩ si le keklẽm la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Tiatira la, ƒe ɖɔla bena: Mawuvi, amesi ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzẽ biabia ene la, eyae gblɔ esiawo bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Tiatira-hamea ƒe mawudɔla be: Mawu Vi si ƒe ŋkuwo le abe dzo bibi ene, eye eƒe afɔwo le keklẽm abe ga dzẽ si woƒã ene la ƒe nyae nye esi be:
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ŋlɔ na Tiatira Hamea ƒe mawudɔla be, “Esiawo nye Mawu Vi la ƒe nyawo, ame si ƒe ŋkuwo le abe dzoƒeaɖe ene eye eƒe afɔwo le abe gadzĩ si le keklẽm la ene.