Revelation 2:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Menya wò dɔwɔwɔwo, wò lɔlɔ̃, wò xɔse, wò dɔmenyowɔwɔ kple wò vevidodo nu, eye azɔ gɔ̃ hã la, èle wo wɔm wu tsã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò lɔlɔ̃ kple wò xɔse kple wo subɔsubɔdɔ kpakple wò dzidodo, eye bena wò dɔwɔwɔ mlɔetɔwo wu gbãtɔwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
‘Menya dɔ si nèwɔ. Menya wò lɔlɔ̃, wò xɔse, wò subɔsubɔ kple ale si nèdo dzi hekpe fui. Dɔ siwo wɔm nèle fifia la sẽ ŋu wu tsãtɔwo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Menya wò dɔwɔwɔwo, wò lɔlɔ̃, wò xɔse, wò dɔmenyowɔwɔ kple wò vevidodo eye azɔ gɔ̃ hã la, èle wo wɔm wu tsã.