Revelation 2:23 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae be nyee nye dziwo kple susuwo me dzrola, eye maxe fe na ame sia ame le eƒe nuwɔwɔwo nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawù viawo eye hameawo katã lanya be nyee nye ame si dzroa ame ƒe dɔmenyawo kple dzimenyawo me tsitotsito. Maɖo eteƒe na mia dome ame sia ame ɖe eƒe nuwɔna nu.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae be nyee nye dziwo kple susuwo me dzrola eye maxe fe na ame sia ame le eƒe nuwɔwɔwo nu.