Revelation 2:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖo ŋku afi si nège tso la dzi! Trɔ dzi me, eye nàwɔ nu siwo nèwɔna tsã la. Ne mètrɔ dzi me o la, mava gbɔwò, eye maɖe wò akaɖiti la le enɔƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ɖo ŋku afisi nège tso la dzi, ne natrɔ le dzi me, eye nawɔ gbã dɔwɔwɔawo; ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye maɖe wò akaɖiti la ɖa tso enɔƒe, ne mètrɔ le wò dzi me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta ɖo ŋku teƒe si nège tso la dzi. Trɔ dzime, eye nàwɔ nu, abe ale si nèwɔna tsã la ene. Ne menye nenema o la, mava ɖe wò akaɖiti la ɖa le enɔƒe. Trɔ dzime godoo!
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Đo ŋku afi si nège tso la dzi! Trɔ dzime eye nãwɔ nu siwo nèwɔna tsã. Ne mètrɔ dzime o la, mava gbɔwò eye maɖe wò akaɖiti la le enɔƒe.