Revelation 2:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ŋlɔ agbalẽ na Smirna hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo tso eya ame si nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu, ame si ku, eye wògale agbe la gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Smirna la, ƒe dɔla bena: Amesi nye gbãtɔ kple mlɔetɔ, amesi ku, eye wògbɔ agbe la, eyae gblɔ esiawo bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Smirna-hamea ƒe mawudɔla be: “Ame si nye Gbãtɔ ganye Mlɔetɔ; ame si ku eye wògagbɔ agbe la ƒe nyae nye esi. Ebe:
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Ŋlɔ na Smirna Hamea ƒe mawudɔla be, ‘Esiawo nye nya siwo tso eya, ame si nye Gbãtɔ kple Mlɔetɔ, ame si ku eye wògale agbe la gbɔ.