Revelation 2:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Menya wò fukpekpe kple ahedada, evɔ kesinɔtɔ nènye hafi! Menya ame siwo gblɔa busunyawo. Wobe yewonye Yudatɔwo, evɔ womenyee o, ke boŋ wonye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedada — ke kesinɔtɔ nenye hafi — kple amesiwo gblɔna be, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ Satana ƒe ƒuƒoƒe wonye la ƒe busubɔbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
‘Menya wò fukpekpewo kple ale si nèda ahee. Evɔ wònye kesinɔtɔ nènye hafi. Menya nya vlo, siwo ame siwo gblɔna be yewonye Yudatɔwo, ke womenye Yudatɔwo o la gblɔna hegblẽa ŋuwò. Wole Abosam ƒe ƒuƒoƒometɔwo dome.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Menya wò fukpekpe kple ahedada evɔ kesinɔtɔ nènye hafi! Menya ame siwo gblɔna be yewonye Yudatɔwo evɔ womenyee o, ke boŋ wonye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo.