Revelation 20:4 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mekpɔ fiazikpui siwo dzi ame siwo wona ŋusẽe be woadrɔ̃ ʋɔnu la nɔ, eye mekpɔ ame siwo nu wotso ta le, le woƒe ɖaseɖiɖi na Yesu kple Mawu ƒe nya la ta la ƒe luʋɔwo. Mekpɔ ame siwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o la. Wogbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo hena ƒe akpe ɖeka (1,000).
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mekpɔ fiazikpuiwo, eye wobɔbɔ no wo dzi, eye wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi na wo; eye amesiwo nu wotso ta le le Yesu ƒe ɖaseɖiɖi kple Mawu ƒe nya la la la, ƒe luʋɔwo kple amesiwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o, eye womexɔ dzesi ɖe woƒe ŋgowonu alo ɖe woƒe asiwo ŋu o la, gbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe la, mekpɔ ame aɖewo wonɔ anyi ɖe fiazikpui aɖewo dzi. Wona ŋusẽ ame siawo be woadrɔ̃ ʋɔnu. Mekpɔ ame siwo wowu elabe woɖi ɖase le Yesu kple mawunya la ŋu ta la ƒe luʋɔwo. Ame siawo mede ta agu na lã la, alo eƒe nɔnɔmekpakpa o, eye eƒe dzesi mele woƒe ŋgonu alo asi ŋu o. Wogbɔ agbe eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mekpɔ fiazikpui aɖewo, siwo dzi ame siwo wona ŋusẽe be woadrɔ̃ ʋɔnu la nɔ, eye mekpɔ ame siwo nu wotso ta le, le woƒe ɖaseɖiɖi na Yesu kple Mawu ƒe nya la ta la ƒe luʋɔwo. Wogbɔ agbe eye woɖu fia kple Kristo hena ƒe akpe ɖeka.