Revelation 21:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wotso du la ale be eƒe kekeme kple didime siaa sɔ. Edzidze du la, eye wòkpɔ be eƒe didime, kekeme kple kɔkɔme katã nye dzidzeme ɖeka si nye kilomita akpe eve kple alafa eve (2,200).
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye du la le dzogoe ene me, eye eƒe didime le abe eƒe kekeme ene; eye wòdzidze du la kple dzidzeti la, wòle stadio akpe wuieve: eƒe didime kple kekeme kple kɔkɔme wosɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dzogoe ene li na dua, eye eƒe axawo ƒe didime kple kekeme sɔ. Mawudɔla la dzidze dua kple eƒe nudzidzeti la, eye wòkpɔ be axa ɖeka didi agbadroƒe akpe ɖeka alafa atɔ̃. Dua ƒe didime, kekeme kple kɔkɔme sɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wotso du la ale be eƒe kekeme kple didime siaa sɔ. Edzidze du la eye wòkpɔ be eƒe didime, kekeme kple kɔkɔme katã nye dzidzeme ɖeka si nye kilometa akpe eve kple alafa eve.