Revelation 22:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawudɔla la gblɔ nam be, “Nya siawo nye nya siwo ŋu woaɖo dzi ɖo la, eye wonye nyateƒe. Aƒetɔ la, nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu la dɔ eƒe dɔla be wòafia nu siwo ava dzɔ kpuie la eƒe dɔlawo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ nam bena: Nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo, eye nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔwo ƒe Aƒetɔ, Mawu la, dɔ eƒe dɔla, bene wòaɖe nusiwo le eme va ge kpuie la, afia eƒe dɔlawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la, mawudɔla la gblɔ nam be: “Nyateƒenyawoe eye woate ŋu aɖo dzi ɖe wo ŋu. Aƒetɔ Mawu, ame si tsɔ eƒe gbɔgbɔ la na eƒe gbeƒãɖelawo la dɔ eƒe mawudɔla ɖa, be wòaɖe nu siwo le eme va ge kpuie la afia eƒe dɔlawo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawudɔla la gblɔ nam be, “Nya siawo nye nya siwo ŋu woaɖo dzi ɖo eye wonye nyateƒe. Aƒetɔ la, nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu la, dɔ eƒe mawudɔla be wòafia eƒe dɔlawo nu siwo ava dzɔ kpuie.”