Revelation 3:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi nèlé nye sedede me ɖe asi be nànɔ te le dzigbɔɖi me ta la, nye hã maɖe wò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo si gbɔna xexea me katã dzi, be woado anyigbadzinɔlawo kpɔ la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi nèwɔ nye nya dzi, do dzi hekpe fu ta la, nye hã maɖe wò tso dodokpɔ sesẽ si le xexea me katã dzi va ge, eye woado anyigbadzinɔlawo katã akpɔ la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi nèlé nye sedede me ɖe asi be nãnɔ te le dzigbɔɖi me ta la, nye hã maɖe wò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo si gbɔna xexeame katã dzi be woado anyigbadzinɔlawo akpɔ la me.