Revelation 3:14 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla, Nya siawo tso ame si nye Amen, ame si nye ɖaseɖila, nuteƒewɔla kple anukwaretɔ, ame si nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Laodikea la, ƒe dɔla bena: Amesi nye Amen, ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ, amesi nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la, gblɔ esiawo bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Laodikea-hamea ƒe mawudɔla be: Ame si nye Amen, nuteƒewɔla kple ɖaseɖila nyateƒetɔ, ame si nye nu siwo Mawu wɔ la ƒe dzɔtsoƒe ƒe nyae nye esi be:
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla: “Nya siawo tso ame si le tsitre sesĩe, ame si nye Đasefo nuteƒewɔla kple anukwaretɔ le nu siwo li fifia, kple nusiwo nɔ anyi kpɔ kpakple nusiwo le vavage ŋu la, ame si li kple Mawu tso eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe gɔmedzedzea me la gbɔ.