Revelation 3:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ègblɔ be, ‘Menye kesinɔtɔ. Nu sia nu si mehiã la le asinye. Naneke mehiãm o!’ Ke mènyae be yenye nublanuitɔ, ame dahe kple ŋkuagbãtɔ, eye yele amama o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ègblɔna be: Kesinɔtɔ menye, nu le asinye eye nyemehiã naneke o. Ke mèdze sii be hiãtɔ, nublanuitɔ, ame dahe, ŋkuagbãtɔ kple ame si le amama lae yenye o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“‘Ègblɔ be, ‘Menye kesinɔtɔ. Nu sia nu si mehiã la le asinye. Naneke mehiãm o!’ Ke menyae be yenye nublanuitɔ, ame dahe kple ŋkuagbãtɔ eye yele amama o.