Revelation 3:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kpɔ ɖa! Metsi tsitre ɖe ʋɔtru la nu, eye mele eƒom. Ne ame aɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, mage ɖe eme, eye mi kplii míade asi agba me aɖu nu ɖekae.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe ʋɔa nu le eƒom. Ne ame aɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, mage ɖe eme le egbɔ. Nye kplii míade asi agba ɖeka me aɖu nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“‘Kpɔ ɖa! Mele tsitre ɖe ʋɔtrua nu eye mele eƒom madzudzɔmadzudzɔe. Ne ame aɖe see mele eyɔm eye woʋu ʋɔa nam la, mage ɖe eme eye mi kplii miade asi agba me aɖu nu ɖekae.