Revelation 3:21 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mana ame si ɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si ɖu dzi la, mana wòanɔ axanye le nye fiazikpui la dzi abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ Tɔ́nye xa le eƒe fiazikpui dzii ene.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“‘Mana ame sia ame si aɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene.