Revelation 3:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke hã la, ame ʋɛ aɖewo le asiwò le Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o. Woazɔ kplim, eye woanɔ awu ɣiwo me, elabena wodze nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gake la èkpɔ ŋkɔ ʋeea ɖewo le Sardes, esiwo meƒo ɖi woƒe awuwo o, eye woazɔ kpakplim le awu ɣiwo me; elabena wodze.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ame ʋɛ aɖewo susɔ ɖe Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o. Woawo anɔ awu ɣi me azɔ kplim, elabe woawoe dze.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke hã la, ame ʋe aɖewo le asiwò le Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o. Woazɔ kplim eye woanɔ awu ɣiwo me elabena wodze nɛ.