Revelation 3:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ŋlɔ agbalẽ na Filadelfia hamea ƒe mawudɔla be, Esiawo nye ame si le kɔkɔe, nye nyateƒetɔ, eye David ƒe safui le esi la ƒe nyawo. Nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Filadelfia la, ƒe dɔla bena: Amesi enye kɔkɔetɔ kple nyateƒea, amesi si Dawid ƒe safui le, amesi ʋuna amea ɖeke metuna o, eye wòtuna amea ɖeke meʋuna o la, eyae gblɔ esiawo bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ŋlɔ nya sia ɖo ɖe Filadelfia-hamea ƒe mawudɔla be: Ame sia nye kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ si si David ƒe safuiwo le, ne eʋu ʋɔ la, ame aɖeke mate ŋu atui o; ne etui la, ame aɖeke mete ŋu ʋunɛ o. Eyae le gbɔgblɔm be:
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ŋlɔ na Filadelfia hame la ƒe mawudɔla be, “Esiawo nye ame si le kɔkɔe, nye nyateƒetɔ eye David ƒe safui le esi la ƒe nyawo. Nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o eye nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o.