Revelation 3:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mana ame siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo, ame siwo gblɔ be yewonye Yudatɔwo, evɔ womenyee o, ke boŋ wonye alakpatɔwo la ava de ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woaʋu eme be melɔ̃ wò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔa ɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, ame aɖewo li, siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒometɔwo. Ame siawo gblɔna be Yudatɔwo yewonye, evɔ la, womenye Yudatɔwo o; aʋatso kam wole. Kpɔ ɖa, woava dze klo ɖe wò afɔnu, eye wo katã woadze sii be melɔ̃ wò.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mana ame siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo, ame siwo gblɔ be yewonye Yudatɔwo evɔ womenyee o, ke boŋ wonye alakpatɔwo la nava dze anyi ɖe wò afɔ nu, eye woaʋu eme be melɔ̃ wò.