Revelation 4:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia megbe la, mekpɔ ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo le nye ŋkume, eye gbe si mese gbã wònɔ nu ƒom nam abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene la gblɔ be, “Va dziƒo afii, eye mafia nu si ava adzɔ le etsɔ me la wò.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nusia wo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ʋɔtrua ɖe le ʋuʋu le dziƒo, eye gbe gbãtɔ, si mese la, ƒo nu kplim abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena; Va dziƒo afii, eye mafia nusiwo lava ve me le esiawo megbe la wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esiawo megbe la, kpɔ ɖa, mekpɔ ʋɔtru aɖe, le ʋuʋu le dziƒo! Gbe si ɖi mese gbã abe kpẽkuku ene, eye wòƒo nu nam va yi la, gblɔ be: “Va dziƒo afii, ne maɖe nu siwo le dzɔdzɔ ge emegbe la afia wò.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le esia megbe la, mekpɔ ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo le nye ŋkume eye gbe si mese gbã wònɔ nu ƒom nam abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene la, gblɔ be, “Va dzime afii eye mafia nu si ava dzɔ le etsɔ me la wò.”