Revelation 4:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ekema amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ŋgɔ, eye wosubɔa eya ame si le agbe tegbetegbe la. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔa mo anyi ɖe amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye woɖea ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana de fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ametsitsi bla eve vɔ eneawo dzea klo ɖe eŋgɔ. Wosubɔa eya, ame si li tso mavɔ me yi mavɔ me, eye woɖea woƒe fiakukuawo dana ɖe fiazikpuia ŋgɔ nɔa ha dzim be:
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
ekema amega xoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpuia dzi la ŋgɔ, wosubɔa eya ame si nɔa agbe tegbetegbe. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be,