Revelation 4:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame si nɔ fiazikpuia dzi la ƒe dzedzeme le abe kpe xɔasiwo, yaspa kple kanelia ene. Anyieʋɔ si le abe kpe xɔasi emerald ene la ƒo xlã fiazikpui la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye amesi bɔbɔ nɔ edzi la ŋuti le abe yaspis-kpe kple sardis-kpe ene, eye anyieʋɔ, si ŋuti le abe smaragd-kpe ene la, ƒo xlã fiazikpui la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la le dzo dam abe yaspa kple sardis kpe xɔasiwo ene, eye anyieʋɔ si le abe emeraldkpe ene la ƒo xlã fiazikpui la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame si nɔ fiazikpuia dzi la, ƒe dzedzeme le abe kpexɔasiwo, yaspa kple kanelia ene. Anyieʋɔ si le abe kpexɔasi emerald ene la ƒo xlã fiazikpui la.