Revelation 4:5 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Dzikedzo, dziɖegbe kple sokpewo le dodom tso fiazikpui la me. Akaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dzikedzowo kple dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo do tso fiazikpui la me. Eye dzokakati adre le bibim le fiazikpui la ŋgɔ, woawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dzikedzo, dziɖegbe kple gbeɖiɖiwo le dodom tso fiazikpui la me. Akakati adrẽ le bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adrẽawo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Dzikedzo, dziɖegbe kple sokpewo le dodom tso fiazikpui la me. Akaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo.