Revelation 4:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nane si le abe atsiaƒu ene, esi me kɔ abe kristalokpe ene la hã nɔ fiazikpui la ŋgɔ le afi ma. Nu gbagbe ene nɔ titina ƒo xlã fiazikpui la, eye woƒe ŋkuwo ƒo xlã wo, le ŋgɔ kple megbe siaa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye atsiaƒu, si me ka abe kristalo lãlɛ ene la, le fiazikpui la ŋgɔ, eye nu gbagbe ene, siwo ŋgɔgbe kple megbe yɔ fũ kple ŋkuwo la, le fiazikpui la titina, eye woƒo xlã fiazikpui la hã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ, le fiazikpui la ŋgɔ la, nane li abe atsiaƒu si wotsɔ ahuhɔ̃e kɔkɔetɔ wɔ la ene. Eme kɔ lalalã. Nugbagbe ene, siwo ŋkuwo sɔ gbɔ le megbe kple ŋgɔgbe na fũu la le fiazikpui la ƒe axa ɖe sia ɖe dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nane si le abe ahuhɔ̃etsiaƒu ene esi me kɔ abe kristalokpe ene la, hã nɔ fiazikpui la ŋgɔ le afi ma. Nu Gbagbe ene nɔ titina ƒo xlã fiazikpui la eye woƒe ŋkuwo ƒo xlã wo, le ŋgɔ kple megbe siaa.