Revelation 4:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Aʋala ade nɔ nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo, eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔ ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be, “ ‘Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, nye Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,’ ame si nɔ anyi va yi, eli fifia, eye wògale vava ge.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye aʋala ade li na nu gbagbe eneawo dome ɖesiaɖe, eye ŋkuwo yɔ wo ŋuti kple wo me fũ, eye womekpɔ dzudzɔ zã kple keli o hele gbɔgblɔm bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, amesi nɔ anyi, eye woli, eye wòle vava ge la!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aʋala ade li na nugbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe, eye ŋkuwo yɔ wo me kple wo ŋuti afi sia afi kpe ɖo. Wole hadzidzi dzi zã kple keli madzudzɔmadzudzɔe be: “Aƒetɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la le kɔkɔe ele kɔkɔe, ele kɔkɔe! Ele anyi tso gbe aɖe gbe ke, eli fifia, eye wòle vava ge.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Aʋala ade nɔ Nu Gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔa ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be, “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, Nye Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, Ame si nɔ anyi va yi, Eli fifia eye wògale vava ge.”