Revelation 5:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete mekpɔ agbalẽ aɖe le ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusime. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽ la me kple egodo siaa, eye wotree kple nutrenu adre.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mekpɔ agbalẽ, si woŋlɔ nu ɖe eme kple ekɔgo katã, eye wotre enu kple nutrenu adre la, le amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, ƒe nuɖusi me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia yome la, mekpɔ agbalẽ aɖe, si fiazikpuidzinɔla la lé ɖe nuɖusi. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽa me kple egodo siaa eye wotre enu kple nutrenu adrẽ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Tete la mekpɔ agbalẽ aɖe le nuɖusi na ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽa me kple egodo siaa eye wotree kple nutrenu adre.