Revelation 5:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esia megbe la, mese nu gbagbe siwo katã le dziƒo, anyigba dzi, anyigba te, atsiaƒu me kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo me la ŋuti nɔ ha dzim be, “Alẽvi si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la tɔe nye kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ, tso mavɔ me yi mavɔ me!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te kple atsiaƒu me kpakple nusiwo katã le wo me la, mese wole gbɔgblɔm bena: Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etoe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete mese Mawu ƒe nuwɔwɔ ɖe sia ɖe, si le dziƒo kple anyigba dzi, le anyigba te, le atsiaƒu me kple nu siwo katã le wo me la le gbɔgblɔm be: “Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi kple Alẽvi la tɔe nye kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋutete tso mavɔ me yi mavɔ me!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esia megbe mese Nu Gbagbe siwo katã le dziƒo, anyigba dzi, anyigba te atsiaƒu me kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo me la ŋuti nɔ ha dzim be, “Alẽvi si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la tɔe nye Kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ Tso mavɔ me yi mavɔ me!.”