Revelation 5:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Alẽvi la ŋgɔ. Kasaŋku nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si, eye sikagba si yɔ fũu kple dzudzɔʋeʋĩdonu siwo nye ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa la hã nɔ woƒe asi me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esime wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ƒe ŋku me, eye saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe, si nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo la, le wo dome amesiame si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wòxɔ agbalẽa la, nugbagbe eneawo kple ametsitsi bla eve vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ŋgɔ. Kasaŋku kple sikagba le wo dome ame sia ame si. Atike ʋeʋẽe, siwo nye ame siwo ŋu wokɔ la ƒe gbedodoɖawo la yɔ sikagbaawo taŋ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wòxɔe vɔ la, Nu Gbagbe eneawo kple amegã xoxo blaeve-vɔ-eneawo dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Alẽvi la ŋgɔ. Kasaŋku nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si eye sikagba si yɔ fũu kple dzudzɔʋeʋĩdonu, esiwo nye ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa la hã nɔ woƒe asime.