Revelation 5:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wodzi ha yeye be, “Wòe dze be nàʋu agbalẽ la, eye nàɖe nutrenu adreawo ɖa, elabena wowu wò kpɔ, eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu. Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, Nuto ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wodzi ha yeye aɖe be: “Wòe dze axɔ agbalẽ la, aɖe nutrenuawo ɖa vavã! Elabe wòe wowu, eye nètsɔ wò ʋu xɔ amegbetɔ ƒle hena Mawu. Wotso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, dukɔ sia dukɔ kple amegbetɔƒomea katã me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wodzi ha yeye be, “Wòe dze be nãʋu agbalẽ la Eye nãɖe nutrenu adreawo ɖa, Elabena wowu wò kpɔ Eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu. Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, Nutome ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me.