Revelation 6:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple kluvi ɖe sia ɖe kple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agadowo me kple agakpewo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye anyigba dzi fiawo kple amegãwo kple aʋafia gãwo kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo kple kluviwo katã kpakple ablɔɖeviwo katã ɣla wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Anyigbadzifiawo, dziɖulawo, aʋakplɔlagãwo, kesinɔtɔwo, ŋusẽtɔwo kple ame bubuwo katã, kluviwo kple ablɔɖeviwo siaa ɣla wo ɖokui ɖe agadowo me kple agakpe siwo le towo dome la te.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple kluvi ɖe sia ɖe kpakple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokui ɖe agadowo me kple agakpewo dome.