Revelation 8:11 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɣletivi sia ŋkɔe nye “Veve.” Ale tsiwo katã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka trɔ zu tsi veve. Ale ame geɖewo ku to tsi veve sia nono me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ɣletivi ma ƒe ŋkɔe nye Apsinto (enye gbe, si vena abe atsa ene), eye tɔwo ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu tsi veve, eye amewo dome geɖeawo ku le tsiawo ta, le esi wole vevem akpa la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woyɔa ɣletivi la be Gbeveve. Tsiwo ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu tsi veve. Tsi sia wu ame geɖewo, elabe etrɔ zu aɖi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
ke ɣletivi sia ŋkɔe nye “Veve”. Ale tsiwo katã ƒe memama etɔ̃lia ƒe ɖeka trɔ zu tsi veve. Ale ame geɖewo ku to tsi veve sia nono me.