Revelation 8:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Tete wòtsɔ nu xe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ŋkume, eye viviti do. Ale ŋkeke ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka mekpɔ kekeli o, eye nenema ke zã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã mekpɔ kekeli o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ. Tete woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia, ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia ale be woƒe keklẽ ƒe akpa etɔ̃lia do viviti. Esia wɔe be ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia kple zã hã ƒe akpa etɔ̃lia megakpɔ kekeli o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Tete wotsɔ nu xe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka ŋkume eye viviti do. Ale ŋkeke ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka mekpɔ kekeli o, eye nenema ke zã ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka hã mekpɔ kekeli o.