Revelation 8:13 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le dziƒo titina la gblɔ kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mekpɔ, eye mese hɔ̃a ɖe, si le dzodzom lé dziƒo titina la, le gbɔgblɔm kple gbe gãa ɖe bena: Baba, baba, baba na anyigbadzinuwo le mawudɔla etɔ̃, siwo susɔ le kpẽ ku ge la, ƒe kpẽkukuwo ƒe ɖiɖi la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia megbe la, mekpɔ hɔ̃ aɖe wòle dzodzom le ya me ʋĩi, eye mese wònɔ gbɔgblɔm sesĩe be: “Baba, baba, baba na anyigbadzinɔlawo! Kpẽ bubu, siwo mawudɔla etɔ̃, siwo susɔ gale kuku ge la tɔ vɔ̃ɖi wu!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le yame la gblɔ kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!”