Revelation 8:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawudɔla bubu si lé sikadzoɖesonu ɖe asi la hã va tsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ. Wotsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu geɖe nɛ be wòatsɔ akpe ɖe ame kɔkɔeawo katã ƒe gbedodoɖawo ŋu, atsɔ aɖo sikavɔsamlekpui si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mawudɔla bubu va, eye wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye sikadzudzɔdosonu le esi, eye wotsɔ atike ʋeʋẽe geɖe nɛ, bene wòatsɔe akpe ɖe ame kɔkɔewo katã ƒe gbedodoɖawo ŋuti ada ɖe sikavɔsamlekpui, si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawudɔla bubu si tsɔ sikadzudzɔdonu ɖe asi la va tsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ. Wotsɔ atike ʋeʋẽe geɖe nɛ be wòatsɔ akpe ɖe Mawu ƒe amewo katã ƒe gbedodoɖa ŋu aɖo sika vɔsamlekpui si le fiazikpuia ŋgɔ la dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawudɔla bubu si lé sikadzoɖesonu ɖe asi la, hã va tsi tre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ. Wotsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu geɖe nɛ be wòatsɔ akpe ɖe ame kɔkɔeawo katã ƒe gbedodoɖawo ŋu, atsɔ aɖo sikavɔsamlekpui si le fiazikpui la ŋgɔ dzi.