Revelation 8:5 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, mawudɔla la tsɔ dzoɖesonu la ɖe asi, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la dzi kɔ ɖe eme, eye wòtsɔe xlã ɖe anyigba. Tete sokpewo ge tso dziƒo, dzi ɖe gbe, dzi ke dzo, eye anyigba ʋuʋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mawudɔla la tsɔ dzudzɔdosonu la, eye wòɖe dzo le vɔsamlekpui la me hede eme tu, eye wòtsɔe ƒu gbe de anyigba, eye dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo kple dzikedzowo kple anyigbaʋuʋu va dzɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe la, mawudɔla la ɖe dzo tso vɔsamlekpui la me de dzudzɔdonu la me, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe anyigba dzi. Tete dzi ɖe gbe sesĩe, gbeɖiɖiwo ɖi, dzi ke dzo, eye anyigba ʋuʋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Emegbe mawudɔla la tsɔ dzoɖesonu la ɖe asi, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la dzi kɔ ɖe eme, eye wotsɔe xlã ɖe anyigba. Tete sokpewo ge tso dziƒo, dzi ɖe gbe, dzi ke dzo eye anyigba ʋuʋu.