Revelation 9:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale woɖe ga mawudɔla ene siwo wodzra ɖo ɖi na gaƒoƒo vevi, ŋkeke vevi, dzinu vevi kple ƒe vevi sia be woayi aɖawu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotu dɔla ene, siwo dzra wo ɖokui ɖo hena gaƒoƒo kple ŋkeke kple ɣleti kpakple ƒe la, bena woawu amewo ƒe akpa etɔ̃lia.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale wotu ka mawudɔla eneawo. Wodzra wo ɖo eye wole klalo na gaƒoƒo la, ŋkeke la, ɣleti la kple ƒè la, ne woawu amegbetɔwo ƒe akpa etɔ̃lia.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale woɖe ga mawudɔla ene siwo wodzra ɖo ɖi na gaƒoƒo vevi, ŋkeke vevi, dzinu vevi kple ƒe vevi sia be woayi aɖawu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka.