Revelation 9:4 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wode se na wo be womegagblẽ gbe siwo le anyigba dzi, numiemie loo alo atiwo o, ke boŋ woagblẽ ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wogblɔ na wo bena, woagawɔ vɔ̃ anyigba dzi gbe mumu alo aŋgba alo atia ɖeke o, negbe amesiwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la ɖeɖeko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogblɔ na wo be womegagblẽ gbe, ati alo numiemiewo o, ke boŋ be woawɔ nu vevi ame siwo ƒe ŋgonu Mawu ƒe dzesi la mele o la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wode se na wo be womagagblẽ gbe siwo le anyigba dzi loo alo numiemie alo atiwo o, ke boŋ woagblẽ ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o.