Revelation 9:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke mawo me la, amewo adi ku, gake womakpɔe o. Ku adzro wo vevie, gake ku asi abu ɖe wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye le ŋkeke mawo me la amewo aɖi ku, eye womele ekpɔ ge o, eye woadi vevie be, yewoaku, eye ku asi le wo gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɣleti atɔ̃ siawo me la, ame adi ku, gake makpɔe o; adzroe vevie be yeaku, ke ku así le egbɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ŋkeke mawo me la, amewo adi ku gake womakpɔe o. Ku adzro wo vevie gake ku asi abu ɖe wo.