Romans 1:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa, ale be mate ŋu awɔ dɔ le mia dome, eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome ene, gake esia mete ŋu dze edzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nɔviwo, nyemele didim be, miaganyae o bena, meɖo tame edziedzi be, mava mia gbɔ, ke woxe mɔ nam vaseɖe fifi, bene makpɔ kutsetse le mia dome hã, abe alesi mekpɔ le dukɔ bubuwo dome ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔviwo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe ŋutɔ, be mava mia gbɔ hafi, ke medze edzi nam kpɔ va se ɖe fifi o. Medi be nye asi nasu dzimetrɔla aɖewo dzi le miawo hã mia dome, abe ale si wòsu ame bubu siwo hã menye Yudatɔwo o la, dzi la ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa ale be mate ŋu awɔ dɔ le mia dome eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ le Trɔ̃subɔlawo ƒe ha bubuwo me ene. Gake esia mete ŋu dze edzi o,