Romans 1:16 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti la mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe ŋusẽ si nana be ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la nakpɔ xɔxɔ. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, emegbe la, wogblɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena nyanyuie la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyanyui la mekpea ŋu nam o, elabe Mawu ƒe ŋusẽ wònye. Exɔa ame siwo katã xɔa edzi sena la ɖe agbe; Yudatɔwo gbã kple ame siwo menye Yudatɔwo o la hã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe mɔ si ŋu ŋusẽ le si dzi Mawu ato akplɔ ame siwo xɔ edzi se la ayi dziƒo. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, ke azɔ la wole ame sia ame yɔm be wòava Mawu gbɔ to mɔ ma ke dzi.