Romans 1:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyanyui sia ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia, dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, “Ame dzɔdzɔe anɔ agbe to xɔse me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena woɖea Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go le eya me tso xɔse me yina xɔse me, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyanyui la mee woɖe ale si Mawu bua ame be ele dzɔdzɔe la ɖe go fia le. Esia nye xɔse ƒe nya tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu. Woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Ame si le dzɔdzɔe le eƒe xɔse ta la latsi agbe.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nyanyui sia le gbɔgblɔm na mí be Mawu dzraa mí ɖo hena dziƒoyiyi eye wònaa míawo kple Mawu dome kɔna, ne míexɔ Kristo dzi se be aɖe mí. Xɔsee wɔa nu sia tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu. Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene la, “Ame si akpɔ agbe la, akpɔe ato mawudzixɔse me.”