Romans 1:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me la, Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔna kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye la me kɔ na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodoa ɖeke naganɔ wo si o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tso esime wowɔ xexea me la, Mawu ƒe ŋusẽ si li ɖaa kple nu si wònye ƒe nɔnɔme, esiwo nye nu siwo ŋkumekpɔna le Mawu ŋu o la, dze ƒã le nu siwo wòwɔ la me. Ale amegbetɔ aɖeke mate ŋu ado taflatsɛ be yemenya nu siawo o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔa kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye me kɔ na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o.