Romans 1:27 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome la ŋu, eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo. Ale woxɔa woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nenema ke woƒe ŋutsuwo hã gblẽ nyɔnuwo ƒe dzɔdzɔmekɔnu ɖi, eye wofiã le woƒe fiẽŋufiẽŋui me ɖe wo nɔewo ŋu, eye ŋutsu kple ŋutsu wɔ ŋukpenanuwo, eye wokpɔ woƒe vodada ŋuti fetu, si dze wo la, le wo ɖokui ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã medɔna kple nyɔnu, abe ale si dzɔdzɔme ɖoe da ɖi la ene o, ke boŋ wofiena gudaguda le woƒe ŋutilã me ɖe wo tɔ ŋutsuwo ŋu, ale be ŋutsu dɔna kple ŋutsu ŋukpe manɔmee. Le nu gbegblẽ si wowɔ ta la, Mawu he to na wo, abe ale si dze wo la ene, eye wokpɔ esia le wo ɖokui me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome ŋu eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo. Ale woxɔ woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me.