Romans 1:32 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenem nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyi nu sia nu wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o, ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Togbɔ be wonya nyuie be le Mawu ƒe se nu la, ame siwo wɔa nu siawo dze na ku hã la, wowɔa wo, eye gawu la, wodea ame bubu siwo hã wɔa nu siawo la dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenema nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyia nu siawo wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi.