Romans 1:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, to Yesu Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe mí nu vɔ̃ wɔla madzemadzewo dzi, eye azɔ la, ele mía dɔm ɖe xexea me be míagblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na xexea me la na ame siwo menye Yudatɔwo o la katã le afi sia afi, ale be woawo hã naxɔ edzi ase, eye woaɖo toe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi me miekpɔ amenuveve kple apostolonyenye le na xɔse ƒe toɖoɖo le dukɔwo katã dome le eƒe ŋkɔ ŋuti,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu to eyama dzi ve mía nu míeva zu amedɔdɔwo, ale be, to eƒe ŋkɔ me la, míakplɔ dukɔwo katã, be woava xɔ Mawu dzi ase ahaɖo toe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ la, to Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe mí nu vɔ̃ wɔla madzemadzewo dzi, eye azɔ la ele mía dɔm ɖe xexeame godoo be míagblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na xexeame la na amewo katã le afi sia afi, ale be woawo hã naxɔ edzi ase eye woaɖo toe.