Romans 1:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mi ame siwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo, kple ame kɔkɔe siwo woyɔ la, Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ŋlɔ ɖo ɖe mi, amesiwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo kple ame kɔkɔe, siwo woyɔ la: Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mia Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia tae mele agbalẽ sia ŋlɔm na mi, ame siwo katã le Roma; mi ame siwo Mawu lɔ̃ vevie, eye wòyɔ mi be miava zu ame siwo ŋu wokɔ la. Mawu mía Tɔ́ kple Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu, eye woana ŋutifafa mi!
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ŋutifafa kple amenuveve tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã le Roma, ame siwo Mawu lɔ̃ eye wòyɔ mi be miazu ame kɔkɔewo.