Romans 1:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gbã la, medaa akpe na nye Mawu to Yesu Kristo dzi le mi katã ta, elabena amewo le ɖase ɖim le xexea me godoo tso miaƒe xɔse ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gbã la mele akpe dam na Mawunye to Yesu Kristo dzi le mi katã ta bena, wogblɔa miaƒe xɔsenya fiana le xexeme blibo la katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbã la, mele akpe dam na nye Mawu le mi katã mia ta, to Yesu Kristo dzi, elabe ale si miexɔ Mawu dzi see la, ɖi hoo de afi sia afi le xexea me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mina magblɔe na mi gbã be teƒe ɖe sia ɖe si meyi la, mesea amewo nɔa nu ƒom tso mia ŋu, elabena amewo le nu nyam le xexeame godo tso miaƒe xɔse ŋu. Medaa akpe na Mawu to Yesu Kristo dzi le ɖaseɖiɖi nyui sia sese ta eye megadaa akpe ɖe mia dometɔ ɖe sia ɖe ta.