Romans 1:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me zã kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã, eye megblɔa Nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena nye ɖaseɖilae nye Mawu, si mesubɔna le nye gbɔgbɔ me le Via ƒe nyanyuie la me, alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo mia dzi o,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu si mesubɔna le gbɔgbɔ me to Via ƒe Nyanyui la kaka me lae nye nye ɖasefo, be ne mele gbe dom ɖa la, meɖoa ŋku mia dzi ɖaa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me zã kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã, eye megblɔa nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo.