Romans 10:1 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔvi lɔlɔ̃awo, nye dzimedidi kple nye gbedodoɖa na Mawue nye be Israeltɔwo nakpɔ ɖeɖe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nɔviwò, nye dzimedidi kple nye kukuɖeɖe, si meɖena na Mawu ɖe Israel ta la, enye si bena, woakpɔ xɔxɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔvinyewo, nu si dim mele vevie tso nye dzime ke, eye mele kuku ɖem na Mawu tso eŋu lae nye be wòaxɔ Israel hã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, nye dzi ƒe didi kple nye gbedodoɖae nye be Yudatɔwo nakpɔ ɖeɖe.