Romans 10:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si, eye wònaa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena vovototoa ɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o, elabena Aƒetɔ ma kee nye wo katã tɔ, eyae nye kesinɔtɔ na amesiwo katã yɔnɛ la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Vovototo aɖeke mele Yudatɔ kple ame si menye Yudatɔ o la dome le go sia me o, elabe ame ɖeka ma ke koe nye wo katã ƒe Aƒetɔ, eye wònyoa dɔme faa na ame siwo katã yɔnɛ la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si eye Aƒetɔ sia naa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa.