Romans 10:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ aleke woayɔ ame si dzi womexɔ se o la mahã? Eye aleke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye aleke woawɔ ase nya tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyuie gbeƒãɖelaa ɖeke mele wo si o mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ale ke amewo lawɔ ayɔ ame si dzi womexɔ se o la? Ale ke amewo lawɔ axɔ ame si ŋkɔ womese kpɔ o la dzi ase? Ale ke woawɔ ase eŋkɔ, ne womeɖe gbeƒãe na wo o?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ne womexɔ edzi se o la, ale ke woate ŋu abiae be wòaɖe yewo? Eye ale ke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye ale ke woawɔ ase nu tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o?