Romans 10:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye aleke ame aɖe aɖe gbeƒã tso Kristo ŋu ne womedɔe o? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ame siwo ɖea gbeƒã nyanyui la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke aleke woaɖe gbe ƒã, ne womeɖo wo ɖa hafi o mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyuie la ƒe afɔwo nyo loo!“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale ke woaɖe gbeƒã lae, ne womedɔ gbeƒãɖelawo ɖo ɖa o? Woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Ale gbegbe ame siwo tsɔ Nyanyui la vɛ la ƒe afɔwo nyakpɔ loo!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye ale ke ame aɖe ayi aɖagblɔ Kristo ŋunya na wo ne ame aɖeke medɔe o? Nya siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm to nya siawo me be, “Ame siwo ɖea gbeƒã ŋutifafa si nɔa Mawu kple amewo dome ƒe nyanyui eye wògblɔa dzidzɔnyawo tso nu nyuiwo ŋuti la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!” Esia gɔmee nye woado dzaa na ame siwo vana gblɔa Mawu ƒe nyanyui la!